Titus 2

Nu siwo wòle be woafia hatsotso vovovoawo

1Ele na wò be nàfia nu si nye nufiafia si de blibo. 2Fia ame tsitsiwo be woafa tu woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me. 3Nenema ke fia nyɔnu tsitsiawo be woafa tu eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu o, eye womanye aha tsu nolawo hã o. 4Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo. 5Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magagblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.

6Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo. 7Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me 8hekpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tre ɖe ŋuwò, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.

9Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba awɔ nu adze wo ŋu eye womegaɖe nya nu na woƒe aƒetɔwo o. 10Fia wo hã be womagafi woƒe aƒetɔwo o ke boŋ woaɖee afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣesiaɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Ɖela, ŋu wòadze ame ŋu.

11Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la, do na amewo katã. 12Efia mí be míagblɔ “Ao” na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, le fifi xexeame, 13esi míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu gã kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le. 14 15Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo.

Copyright information for EweBEE